Acts 6

Kpekpeɖeŋunala adreawo tiatia

1Esime xɔsetɔawo ƒe xexlẽme va nɔ dzidzim ɖe edzi atraɖii ta la, liʋiliʋĩlilĩ aɖewo va nɔ ta dom ɖa le wo dome. Wo dometɔ siwo nye Helatɔwo la gblɔ bena ameŋkumekpɔkpɔ le ta dom ɖa le nuɖuɖumama me, elabena womenaa nuɖuɖu Helatɔ siwo nye ahosiwo la wòdea Hebritɔ siwo hã nye ahosiwo la tɔ nu o. 2Le esia ta la, Apostolo wuieveawo ƒo xɔsetɔwo katã nu ƒu hewɔ takpekpe aɖe. Apostoloawo doe ɖe hamea gbɔ be,

3“Nɔviwo, mele be míawo míatsɔ nuɖuɖudzikpɔkpɔ awɔ míaƒe dɔ o. Míaƒe dɔe nye be míagblɔ mawunya. Eya ta mitsa ŋku le mia ɖokuiwo dome, miatia mia dometɔ adre siwo sea nu gɔme, Gbɔgbɔ Kɔkɔe la yɔ wo me fũ eye ame sia ame kpɔ ŋudzedze le wo ŋu. Ne mietia ame siawo la ekema míatsɔ nuɖuɖudzikpɔdɔ sia ade wo si koŋ, 4ale be míawo la míakpɔ ɣeyiɣi awɔ míaƒe dɔ si nye gbedodoɖa, mawunyagbɔgblɔ kple nufiafia amewo.”

5Nya sia me kɔ na hamea katã eya ta wotia ame adreawo. Ame siwo wotia woe nye Stefano, ame si ƒe xɔse de to eye wòyɔ fũ kple Gbɔgbɔ Kɔkɔe la. Filipo, Prokoro kple Nikano, bubuwoe nye Timon, Parmena kple Nikolas tso Antioxia ame si nye trɔ̃subɔla si va zu Yudatɔ. 6Esi wotia ame adre siawo vɔ la wokplɔ wo va apostoloawo gbɔe eye wodo gbe ɖa ɖe wo ta heda asi ɖe wo dzi, yra wo.

7Le esia megbe la apostoloawo kple xɔsetɔ bubuawo gblɔ mawunya le teƒeteƒewo eye Yesu yomedzelawo ƒe xexlẽme dzi ɖe edzi fũ le Yerusalem, nenema ke Yudatɔwo ƒe Osɔfo geɖewo gɔ̃ hã trɔ zu kristotɔwo.

Stefano léle

8Stefano ame si Gbɔgbɔ Kɔkɔe la yɔ fũ eye eƒe xɔse de to blibo la wɔ nukunu geɖewo le amewo dome.

9Ke gbe ɖeka la, Stefano do go Yudatɔwo ƒe xɔsehabɔbɔ tɔxɛ aɖe si woyɔna be, “Ablɔɖeviwo” la, me tɔwo eye ame siawo de asi nyahehe me kplii vevie. Sẽ ko la, Yudatɔ bubu siwo tso Kirene, Aleksandria le Egipte kple Kilikia kpakple Asia la va kpe ɖe “Ablɔɖeviawo” ŋu le nyaa hehe me. 10Gake wo dometɔ aɖeke mete ŋu ɖu Stefano dzi o, le eƒe nunya kple gbɔgbɔ si le eme la ta.

11Le esia ta woyi ɖakpɔ gbevu aɖewo be woava ɖi aʋatsoɖase le Stefano ŋu be eƒo fi de Mose kple Mawu ŋutɔ gɔ̃ hã.

12Nya sia sese na be dua me tɔ geɖewo dze agbo vevie. Wotso ɖe Stefano ŋu eye Yudatɔwo ƒe amegãwo kple agbalẽfialawo lée hekplɔe yi ɖe dumemegãwo gbɔe. 13Aʋatsoɖaseɖila siawo gaɖi ɖase ɖe eŋu le takpekpea me be, yewo ŋutɔ yewose Stefano wònɔ fewu ɖum le Yerusalem gbedoxɔ la kple Mose ƒe sewo ŋu.

14Woyi dzi gblɔ be, “Míese Stefano gblɔ be, Yesu Nazaretitɔ sia, ava gbã gbedoxɔ la eye wòaɖe Mose ƒe sewo katã ɖa.” 15Esi nu siawo nɔ edzi yim la, ame siwo katã nɔ takpekpea me la kpɔ be Stefano ƒe mo trɔ nɔ keklẽm abe mawudɔla tɔ ene.

Copyright information for EweBEE